Hiob28ewe_bib

1“Klosalokuƒe lieye teƒe li si wololõa sika le.2Wokua gayibɔ le tomeeye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe.3Amegbetɔ ɖo seƒe na viviti,etsana le didiƒewo kple viviti tsiɖitsiɖitɔkekeake me hena tomenuwo.4Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ,teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o;teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ laewonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le.5Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔle tome abe dzo me wòto ene.6Woɖea safirkpe tso eƒe kpe siwo wogbã la meeye woɖea sika tso eƒe kewɔ me.7Xe ƒonuwo menya toƒe ɣaɣla ma oeye aʋako aɖeke ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o8Gbemelã siwo dana la meka afɔ afi ma kpɔ o,eye dzata aɖeke hã mezɔ afi ma kpɔ o.9Ame ƒe asi gbã kpe sesẽawoeye wòna towo te dze go.10Eɖea mɔ ɖe kpeawo tomeeye eƒe ŋkuwo kpɔaeƒe nu xɔasi vovovowo katã.11Etsana le tsidzɔƒewoeye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nu.
12“Ke afi ka woakpɔ nunya le?Afi ka gɔmesese nɔna?13Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o,womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.14Gogloƒe gblɔ be,‘Menye tɔnyee o,’Atsiaƒu gblɔ be,‘Mele gbɔnye o,’15Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔalo woada klosalo ɖe eƒe home nu o.16Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo,oniks kple safir o.17Sika alo kristalkpe masɔ kplii oeye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o.18Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu oelabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã.19Womatsɔ Kuskpe xɔasi, topaz, asɔ kplii oeye sika nyuitɔ mate ŋu aƒlee o.
20“Ekema afi ka nunya tso?Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe?21Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒeeye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã.22Tsiẽƒe kple ku gblɔ be,‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’23Mawue nya egbɔmɔeye eya koe nya afi si wòle.24Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenuke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te.25Esi wòɖo ya ƒe ŋusẽ anyi,hedzidze tsiwo vɔ,26esi wòwɔ se na tsidzadza,heta mɔ na dziɖegbe kple ahom vɔ la,27enye kɔ kpɔ nunya, dzro eme kpɔeye wòda asi ɖe edzi, hedoe kpɔ.28Tete wògblɔ na amegbetɔ be,‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃enye nunya eye nugbegbele vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”