Hiob18ewe_bib

Bildad ƒe nuƒo

1Tete Suhitɔ, Bildad ɖo eŋu na Hiob be,2Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ?Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu.3Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoeeye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume?4Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me,ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawòalo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea?
5“Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖieye eƒe dzo megabina o.6Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa vivitieye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina.7Megatea ŋu ɖea abla oeye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi.8Eƒe afɔ ɖoa ɖɔ meeye wòƒoa dablibɛ le ɖɔkawo me.9Mɔ léa afɔkpodzi nɛeye mɔ̃ka blanɛ sesĩe.10Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigbaeye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me.11Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpaeye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo.12Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzieye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi.13Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewoeye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo14Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la meeye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia.15Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ meeye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe.16Eƒe kewo yrɔna le ete keeye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame.17Woŋlɔnɛ be le anyigba dzieye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome.18Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti meeye woɖenɛ ɖa le xexea me.19Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome oeye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o.20Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi taeye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo.21Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna,aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”