Hiob16ewe_bib

Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo

1Hiob ɖo eŋu nɛ be,2“Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ,akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye!3Miaƒe nuƒo legbe, gɔdɔ̃gɔdɔ̃awo mawu nu akpɔ oa?Nu kae le mia vem be miegale nyahehe dzi kokoko?4Nenye miawoe le tenyeƒe la,nye hã maƒo nu abe miawo ke ene,agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋueye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu.5Maƒo nu ade dzi ƒo na mieye akɔfanya siwo ado tso nunye la ana miaƒe dzi adze eme.
6“Gake ne meƒo nu la,nye vevesesewo dzi maka ɖe kpɔtɔ oeye ne medzudzɔ hã la,veveseseawo medzona o.7O Mawu, vavãe èna mevɔ le eme keŋkeŋeye nètsrɔ̃ nye aƒekɔ la katã.8Èna meɖi ku, vɔ keŋ eye wòzu ɖaseɖiɖi,nye kuɖiɖi tsi tsitre hezu ɖasefo ɖe ŋunye.9Yehowa ƒom, hevuvum le eƒe dziku meeye wòɖu aɖukli ɖe ŋunye,nye ketɔ fɔ ŋku ɖaɖɛwo ɖe dzinye.10Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye.Woƒo tome nam fewuɖutɔeeye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye.11Mawu dem asi na ame vɔ̃ɖiwoeye wòkɔm ƒu gbe ɖe ŋutasẽlawo ƒe fego me.12Nuwo nɔ edzi dzem nam nyuie gake ekakam.Elé kɔʋume nam hegbãm gudugudugudu.Etsɔm wɔ ade si minyam wòle,13eƒe aŋutrɔdalawo ɖe to ɖem.Eŋɔ nye ayikuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔeeye wòna nye vevego gbã hekɔ ɖe anyigba.14Eva ƒo ɖe dzinye enuenueye wòlũ ɖe dzinye abe kalẽtɔ ene.
15“Metɔ akpanya hetsyɔ na nye ŋutilãeye metsɔ nye mo de ke me.16Avifafa na nye mo biã dzẽe,vɔvɔli ƒo xlã nye ŋkuwo,17evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke oeye nye gbedodoɖa hã dza hafi.
18“O, anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi oeye ɖoɖoe megazi le nye ɣlidodo nu o!19Azɔ gɔ̃ hã la, nye ɖasefo le dziƒoeye nye nyaxɔɖeakɔla le afi ma.20Tanyeʋlila nye xɔ̃nye,esi nye ŋkuwo le aɖatsi ɖuɖum na Mawu.21Eɖea kuku na Mawu ɖe ame taabe ale si ame ɖea kuku ɖe xɔlɔ̃a tae ene.
22“Ƒe ʋɛ aɖewo koe ava yihafi madze mɔ ayi demagbɔnugbe.