1Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu na Hiob be,2“Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa?Ɖe woabe nyawɔla sia tɔ dzɔa?3Ɖe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa?Ɖe ame aɖeke meli aka mo na wò ne èle fewu ɖum oa?4Ègblɔ na Mawu be‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu oeye medza le ŋkuwòme.’5O, aleke medi be Mawu naƒo nu,ne wòake eƒe nuyiwo ɖe ŋutiwò,6ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia wòelabena mo evee li na nunya.Vavã, nya esia be:Mawu ŋlɔ wò nu vɔ̃wo dometɔ aɖewo be gɔ̃ hã.7“Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea?Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea?8Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ?Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya?9Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu.10Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la,ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?11Vavã enyaa alakpatɔwo eye ne ekpɔ nu vɔ̃ɖi la,ɖe medzea sii oa?12Gake abe ale si gbetedzi mate ŋuadzi vi wòanye amegbetɔ o ene la,nenema kee womate ŋuawɔ bometsila hã wòazu nunyala o.13“Ke hã la, ne ètsɔ wò dzi nɛ blibo,ne èwu wò asiwo dzi do ɖe egbɔ,14ne èɖe nu vɔ̃ siwo le wò asi me la ɖaeye ne mèɖe mɔ na nu vɔ̃ɖi aɖeke bewòanɔ wò agbadɔ me o la,15ekema àkɔ wò mo dzi ŋukpemanɔmee,ànɔ te sesĩe eye mavɔ̃ o.16Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame beeye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.17Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzatieye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene.18Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li,àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me.19Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na wò o;ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò.20Ke ɖeɖi ate ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu,bebeƒe abu ɖe woeye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo.”