Hiob10ewe_bib

1“Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ,eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababaeye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me.2Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm ogake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam.3Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to,be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbeeye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa?4Ŋutilãmeŋkue le tawòa?Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔkodzogbea kpɔa nu enea?5Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ enealo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene,6be nàtsa adi nye vodadawo,aku nye nu vɔ̃wo gɔme,7evɔ nènya be nyemedze agɔ oeye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa?
8“ ‘Wò asiwoe wɔm eye womem.Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma?9Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem.Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia?10Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi eneeye nèna mebla abe notsi babla ene oa?11Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunyeeye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwokple lãmekawo ŋuti oa?12Èna agbem henyo dɔ me nameye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti.
13“ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi meeye menya be esia le wò susu me be,14Ne mewɔ nu vɔ̃ la,wò ŋkuwo anɔ ŋutinyeeye màgbe tohehe namle nye vodada ta o.15Ne meɖi fɔ la, baba nam!Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la,nyemate ŋu afɔ mo dzi oelabena ŋukpe yɔ menye fũueye menyrɔ ɖe nye vevesese me.16Ne mefɔ mo dzi la,ekema èɖeam ɖe nu abe dzata eneeye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ lafiana ɖe ŋutinye.17Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunyeeye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi,ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖewo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene.
18“ ‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me?Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la,adzɔ dzi nam ŋutɔ,anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.19Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danyeƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta!20Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa?Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe,21hafi ayi demagbɔnugbe,ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,22anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le,teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe,afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ ”