Yeremia8ewe_bib
1“Yehowa be, ‘Le ɣe ma ɣi la, Yuda fiawo kple woƒe dumegãwo ƒe ƒuwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kple Yerusalem nɔlawo ƒe ƒuwo la, woaɖe wo le woƒe yɔdowo me.2Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.3Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’ ” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.