Yeremia4ewe_bib
1Yehowa be,“O Israel, ne miatrɔ la,ekema mitrɔ va gbɔnye nemieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖale nye ŋkuta eye miagatra mɔ o.2Ne mieta nu be‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe,kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la,ekema ayra dukɔwo eyele eya amea mee woaƒo adegbe le.”3Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi:“Miŋlɔ agble yeye,migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.4Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo,mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa.Mitso aʋa na miaƒe dziwo,ne menye nenema o la,nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo eneeye ame aɖeke mate ŋu atsii o,ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”