Ʋɔnudrɔ̃lawo12ewe_bib
1Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!”2Yefta ɖo eŋu be, “Meyɔ mi gake miegbe vava, esi míeɖo xaxa me la, miegbe miekpe ɖe mía ŋu o.3Metsɔ nye agbe ke; míawo ɖeɖe míewɔ aʋa la eye Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu futɔ la dzi. Ɖe wòhiã be miawɔ aʋa kpli mí le nu sia ta?”4Yefta yɔ Gilead ŋutsuwo ƒo ƒu eye woyi ɖawɔ aʋa kple Efraimtɔwo. Gileadtɔwo wu wo elabena Efraimtɔwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔwo la, mienye ame dzeaglãwo le Efraim kple Manase me.”5Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la,6wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’ ” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me.7Yefta nye Israelviwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe ade. Esi Yefta, Gileadtɔ la ku la, woɖii ɖe Gilead duwo dometɔ ɖeka me.