1Ame kae nye esi gbɔna tso Bozra le Edom,eye aŋɔ dzĩ ƒo eƒe awuwo?Ame kae nye esi ɖo atsyɔ̃,eye wòle zɔzɔm le eƒe ŋusẽ triakɔ me?“Nyee le nu ƒom le dzɔdzɔenyenye me.Ŋusẽ le asinye be maɖe ame.”2Nu ka ta wò awuwo biã abeame si le wain fiam la tɔwo ene?3“Nye ɖekae fia wain le wainfiaƒe,ame aɖeke metso dukɔwodome va kpe ɖe ŋunye o.Mefanya wo le nye dziku me,eye menya avuzi le wo dzile nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me.Woƒe ʋue hlẽ ɖe nye awuwo me,eye woƒe ʋu ƒo nu siwo medo,4elabena hlɔ̃biaŋkeke le nye dzi me,eye nye ɖeɖe ƒe ƒe la va ɖo.5Metsa ŋku, ke ame aɖeke meliana kpekpeɖeŋu o.Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke mevana kpekpeɖeŋu o.Tete nye ŋutɔ nye abɔ xɔ nam,eye nye dɔmedzoe lém ɖe te.6Mefanya dukɔwo le nye dziku me.Le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me, mena womu aha,eye metrɔ woƒe ʋu kɔ ɖe anyigba.”
Kafukufu kple gbedodoɖa
7Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo,Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí,esiwo ta wòle be woakafui ɖo.Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔna Israel ƒe aƒe la ŋu,le eƒe nublanuikpɔkpɔkple dɔmenyo gbogboawo ta la,8egblɔ be, “Vavã nye amewoe wonye.Viŋutsu siwo mada alakpa nam o”,eya ta wòzu woƒe Ɖela.9Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me,eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo.Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta.Efɔ wo ɖe dzi,eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me,10gake wodze aglã hedo dziku na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,eya ta wòtrɔ ɖe wo ŋu hezu futɔ na wo,eye eya ŋutɔ wɔ aʋa kpli wo.11Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi,Mose kple eƒe amewo ƒe ŋkekewo hebiabe afi ka ame si nye eƒe alẽhawo ƒe kplɔla,si kplɔ wo to atsiaƒu me la le?Afi ka ame si dɔeƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe wo dome,12ame si dɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe alɔ ƒe ŋusẽbe wòanɔ Mose ƒe nuɖusime la le?Afi ka ame si ma tsiwo le wo ŋgɔbe eƒe ŋkɔ nanyɔ tegbee,13eye wòkplɔ wo to gogloƒe la le?Abe sɔ si le gbadzaƒe ene la, womekli nu o.14Abe nyi si wokplɔ yina ɖe gbeɖuƒe ene la,Yehowa ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme.Aleae nèkplɔ wò dukɔ laebe nàde bubuŋkɔ ɖokuiwò ŋu.15Bi kɔ tso dziƒo, eye nàkpɔ nu tso wòŋutikɔkɔefiazikpui kɔkɔ la dzi.Afi ka wò ŋuʋaʋã kple ŋusẽ la le?Woɣla wò bɔbɔenyenyekple wò dɔmetɔtrɔ ɖe mí,16gake wòe nye mia Fofo,togbɔ be Abraham menya míalo Israel nayi si dze ge mi o hã la,wò, o, Yehowae nye mia Fofo,mía Ɖela tso gbe aɖe gbe kee nye wò ŋkɔ.17O! Yehowa, nu ka ta nèna míetra tso wòmɔwo dzi hesẽ míaƒe dziwo me,be míede bubu ŋu wò o?Gatrɔ va le wò dɔla siwo nye tosiwo nye wò domenyinuwo la ta.18Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wò teƒe,kɔkɔe la nɔ wò amewo ƒe asi me.Ke azɔ la, míaƒe futɔwo nya avuzile wò kɔkɔeƒe la dzi.19Tɔwòwoe míenye tso blema ke, gake woawo la,mèɖu fia ɖe wo dzi kpɔ o,eye womeyɔ wò ŋkɔ hãɖe wo ŋu kpɔ o.