1Le Zion ta la, nyemazi ɖoɖoe o,le Yerusalem ta la, nyemazi kpi o,va se ɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenyenaklẽ abe kekeli ene, eye eƒe ɖeɖenabi abe akakati ene.2Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye,eye fiawo akpɔ wò ŋutikɔkɔe.Woayɔ ŋkɔ yeye si Yehowa ƒenu atsɔ na wò la na wò.3Ànye atsyɔ̃kuku le Yehowa ƒe asi mekple fiakuku le wò Mawu ƒe asi me.4Womagayɔ wò azɔ beWogbe nu le egbɔ,alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o.Ke boŋ woayɔ wò be,Hefziba si gɔmee nyeEƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula,si gɔmee nye eɖe srɔ̃,elabena wò nu anyo Yehowa ŋu,eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.5Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la,nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe,eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖeeƒe ŋugbetɔ ŋu ene la,nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.6O! Yerusalem,meɖo gbetakpɔlawo wò gliwo dzi.Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo zã me o.Mi ame siwo yɔa Yehowa,migagbɔ ɖe eme o,7eye migana gbɔdzɔe o,va se ɖe esime wòaɖo Yerusalem te,awɔe wòanye kafukafunu le anyigba dzi.8Yehowa ta eƒe ɖusibɔ kple eƒe alɔ sesẽ la be,“Nyemagatsɔ wò bli ana wò futɔwowòanye nuɖuɖu na wo gbeɖe o,eye wain yeye si ŋuti nèku kutri ɖo la,nyemagana amedzrowo naxɔe ano o.9Ke ame siwo xa nukuawo la,woaɖu wo, akafu Yehowa,eye ame siwo gbe waintsetseawo la,ano wo me ha le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.”10Mito eme yi, mito agboawo me yi!Midzra mɔ ɖo na dukɔ la.Mido mɔ, mido mɔtatawo.Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi.Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.11Yehowa na woɖe gbeƒãele anyigba ƒe mlɔenuwo ke be,“Migblɔ na Zion vinyɔnu la be,‘Kpɔ ɖa, wò Ɖela gbɔna!Kpɔ ɖa, eƒe fetukple eƒe teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋuti.’ ”12Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo.Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.”Ke wò la, woayɔ wò be,“Ame si dim wole vevie,”eye woayɔ wò be,“Du si gbɔ womagagbe nu le o.”