Yesaya61ewe_bib

Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe

1Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye,elabena Yehowa si ami nam,be magblɔ nyanyui la na ame dahewo.Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã.Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo,eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;2ne maɖe gbeƒã.Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe lakple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke,eye mafa akɔ na konyifalawo.3Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo,ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe,dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe,kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔsi bu mɔkpɔkpɔ teƒe.Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo,ati siwo Yehowa ŋutɔ do,be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.
4Woagbugbɔ blema ƒe aƒedowo atso,eye teƒe siwo zu glikpowohena ɣeyiɣi didi aɖe la afɔ ɖe te.Woagbugbɔ du gbagbã siwo zu gbegbehena dzidzime geɖewo la atso.5Amedzroviwo anye miaƒe agbleŋlɔlawokple waingble dzikpɔlawo.6Woayɔ mi be Yehowa ƒe nunɔlawo,eye woatsɔ ŋkɔ na mi be,miaƒe Mawu la ƒe hadɔwɔlawo.Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo,eye miaƒo adegbe le woƒe nunɔamesisiwo zu mia tɔ la ta.
7Le woƒe ŋukpe teƒe la, nye dukɔ laaxɔ gomekpɔkpɔ teƒe eve.Le vlododo teƒe la,woakpɔ dzidzɔ ɖe woƒe domenyinyi ŋuti;ale woaxɔ domenyinyi ƒe teƒe evele woƒe anyigba dzi,eye dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ anye wo tɔ.
8“Elabena nye Yehowa,melɔ̃ nuteƒewɔwɔ.Metsri adzodada kple nu vɔ̃.Maɖo eteƒe na wo le nye nuteƒewɔwɔ me,eye mabla nu mavɔ kpli wo.9Woadze si wo viwo le dukɔwo domekple woƒe dzidzimeviwo le xexemetɔwo dome.Ame siwo akpɔ wo la ade dzesii bewoawoe nye ame siwo Yehowa yra.”
10Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ,eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me,elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam,eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam,abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta,abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoaatsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.11Elabena abe ale si nuku mienae enekple agble si dzi woƒã nu ɖonana nuku la tsinae ene la,nenemae Aƒetɔ Yehowa ana be dzɔdzɔenyenyekple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋkume.