Yesaya32ewe_bib

Dzɔdzɔenyenye ƒe fiaɖuƒe

1Kpɔ ɖa, fia aɖe aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me,eye eƒe dumegãwo aɖu dzi le nuteƒewɔwɔ me.2Ame ɖe sia ɖe anɔ abe bebeƒe le yaƒoƒo nukple sitsoƒe le ahom me ene.Anɔ abe tɔsisiwo le gbegbekple agakpe ƒe vɔvɔlile kuɖiɖinyigba dzi ene.
3Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o,eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo anɔ ʋuʋu.4Ame mabutamewo ƒe susu anya nu,ase nu gɔme, eye ame siwo kukɔna la ƒeaɖe aƒo nu tẽe eme nakɔ.5Womagayɔ bometsilawo be bubumewo,eye womagayɔ yakamewo be ame ŋkutawo o,6elabena bometsila gblɔa bometsinya,eye eƒe susu yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi.Enɔa agbe le Mawu mavɔmavɔ me,eye wògblɔa nya tatrawo ɖe Yehowa ŋu,menaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo o,eye wotea tsi tsikɔwuitɔwo.7Yakamewo ƒe wɔnawo vɔ̃ɖi.Woɖoa nu vɔ̃ɖiwo be woatsrɔ̃ hiãtɔwo kple alakpa,ne hiãtɔwo ƒe nya dzɔ hã.8Ke bubume wɔa ɖoɖo siwo ŋu bubu le la,eye bubunuwɔnawo nana wònɔa te.9Mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,mitso ne miaɖo tom.Mi vinyɔnuvi siwo le dziɖeɖi me.Miɖo to nya si magblɔ!10Le ƒe ɖeka kple edzivɔ siwo gbɔna me la,mi ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la miaʋuʋu.Miaƒe wainkawo agbe tsetse,eye atikutsetse bubuwo hã matse na mi o.11Miʋuʋu, mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ;mixa nu, mi vinyɔnuvi siwo ɖe dzi ɖi!Miɖe miaƒe avɔwo da ɖi,eye miasa akpanya ɖe ali.12Mifa konyi na miaƒe agble wɔnukuwo,na miaƒe wainkpo siwo tsena nyuie,13eye na nye amewo ƒe anyigba,anyigba si dzi ŋu kple aŋɔkawo mie ɖo.Ɛ̃, mifa na aƒe siwo katã me dzidzɔkpɔkpɔ yia edzi le kple du sia,si me wotua aglo le14Mɔ sesẽwo aɖi gbɔlo.Du si me hoowɔwɔ nɔ la, azu aƒedo.Xɔ tsralawo kple gbetakpɔxɔwo azu abe agado enetegbetegbe anye dzidzɔ na tedziwokple gbeɖuƒe na lãhawo15va se ɖe esime woakɔ Gbɔgbɔ la ɖe mia dzi tso dziƒo,gbegbewo nagazu agbledeƒewo,eye agbledeƒewo nadze abe ave ene.16Nuteƒewɔwɔ anɔ gbegbe,eye dzɔdzɔenyenye anɔ agbledenyigba dzi.17Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa,eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafakple dzideƒo tegbetegbe.18Nye amewo anɔ teƒe siwo ŋutifafa lekple aƒe siwo me dedinɔnɔ lekple teƒe siwo tomefafakple dziɖeɖi le.19Togbɔ be kpetsiwo tsrɔ̃ avewo,eye wogbã du la gudugudu hã la,20woayra mi ne mieƒã nu ɖe tɔʋu ɖe sia ɖe to,eye miena miaƒe nyiwo kple tedziwo ɖu gbe le ablɔɖe me.