Yesaya10ewe_bib
1Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo,ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi,2be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi,woada adzo dzɔdzɔenyenye leame teɖeanyiwo si,woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo.3Nu ka miawɔ le akɔntanagbe laesi gbegblẽ atso adzɔge ava?Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi?Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?4Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewokple ame siwo tsi aʋa ko,ke to esiawo katã megbe hã la,Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o,eye eƒe alɔ gale dzi ko.