Hebritɔwo5ewe_bib
1Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume.2Nunɔlagã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu.3Esia tae wòle be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta.4Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Aron ene.5Eya ta Kristo hã metsɔ nunɔlagã ƒe ŋutikɔkɔe da ɖe eɖokui dzi o ke boŋ Mawu gblɔ nɛ be,“Wòe nye vinye ŋutsu,egbe mezu fofowò.”6Egagblɔ le teƒe bubu be,“Enye nunɔla tegbetegbe,eye wò ɖoƒe sɔ kple Melkizedek tɔ.”7Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.8Togbɔ be eyae nye Mawu vi hã la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le fukpekpe siwo me wòto,9eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe.10Eye Mawu ɖoe be wòanye nunɔlagã abe Melkizedek ene.