Ezra6ewe_bib
Sedede tso Fia Dario gbɔ
1Tete Fia Darius de se, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxo siwo wodzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la me le Babilonia.2Woke ɖe lãgbalẽgbalẽ aɖe ŋu le Ekbatana ƒe fiasã si le Media nuto la me. Esiae nye nu si woŋlɔ ɖe eme: Ŋkuɖodzinya:3Le Fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, fia la de se ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem ŋuti be:Migbugbɔ gbedoxɔ la tu wòanye teƒe si woasa vɔ le, miɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi. Nekɔ mita blaeve-vɔ-adre eye wòakeke mita blaeve-vɔ-adre.4Woatsɔ kpe gãwo aɖo gɔmeɖokpe lae, eye woaɖoe ɖe wo nɔewo dzi zi etɔ̃, ale be ɖoɖo etɔ̃lia nanye ati sesẽwo. Woatsɔ ga le fia la ƒe gaɖaka me axe fee ɖe dɔ la ta.5Kpe ɖe esia ŋu la, woatrɔ klosalonu kple sikanu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le gbedoxɔ la me le Yerusalem, yi ɖe Babiloniae la aɖada ɖe wo nɔƒe le gbedoxɔ la me le Yerusalem; woakɔ wo ɖe Mawu ƒe aƒe la me.6Ke azɔ la, wò, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo kple wò, Setar Bozenai kple mi woƒe dɔnunɔla siwo le nuto ma me la, migaka afɔ afi ma o.7Miɖe asi le Mawu ƒe gbedoxɔ si tum wole la ƒe nya me. Miɖe mɔ be Yudatɔwo ƒe mɔmefia kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo nagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu ɖe teƒe si wònɔ tsã.8Gawu la, mele se dem be, esiawo miawɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo le Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu me: Woaxe ame siawo ƒe nugbegblẽwo katã tso fia la ƒe gaɖaka si me wodea nudzɔdzɔwoe le Frat tɔsisi la godo me, ale be dɔa matɔ te o.9Woatsɔ nyitsui, agbo kple agbovi siwo wohiãna na numevɔsawo na dziƒo Mawu la kpe ɖe wɔ, dze, wain kple ami siwo nunɔla siwo le Yerusalem hiãna gbe sia gbe la ŋu na wo, mada le edzi o.10Ale be woate ŋu asa vɔ siwo adze dziƒo Mawu la ŋu la nɛ, eye woado gbe ɖa ɖe fia la kple via ŋutsuwo ta be woanɔ dedie.11Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo.12Mawu, ame si na be yeƒe Ŋkɔ nanɔ afi ma la, naɖe fia le zi dzi alo dukɔ si akɔ eƒe asi dzi be yeatrɔ sedede sia alo agbã gbedoxɔ sia le Yerusalem. Nye Darius de se sia. Ele be woawɔe kple mo vevi ɖoɖo.