Nyagblɔla5ewe_bib

Vɔ̃ Mawu

1Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke wò towo ɖi eye nàmia wò nu! Mèganye bometsila si menyana gɔ̃ hã be enye nu vɔ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o,2Wò nu megatsɔ blablabla o,eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o,elabena Mawu le dziƒo ke,le esime wò ya nèle anyigba dzi le afiieya ta mègaƒo nu blablabla o.3Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nanawokua drɔ̃e vɔ̃wo ene la,nenema kee bometsitsi nanawoƒoa nukpoloe.4Eya ta ne èɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ nane la, mègahe nua wɔwɔ ɖe megbe o, elabena Mawu mekpɔa dzidzɔ le bometsilawo ŋu o. Wɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi nɛ.5Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ.6Mègana wò nu nakplɔ wò de nu vɔ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, “Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe” o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi?7Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me.

Kesinɔnuwo hã nye tofloko

8Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame.9Fia la le ame siawo katã tame. Oo, ɖe woakpɔ fia aɖe wòatsɔ eɖokui aɖo anyi ɖe dukɔa ƒe nyonyo ta hafi. Eya koe ate ŋu ahe ɖoɖo ade tɔtɔ sia me.10Ame si lɔ̃a ga la,makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ,adze eŋu gbeɖe o.Enye bometsitsi be ame nabu bekesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame!
11Ale si nèkpɔ ga wòsɔ gbɔe la,nenema tututue wò gaŋudɔwɔwɔ hã anɔ;ekema nu nyui kae le gakpɔkpɔ ŋu?Ɖewohĩ nu nyui si le gakpɔkpɔ ŋukoe nye nàkpɔ ga la wòaƒu du ato wòasibidɛwo dome adzo le gbɔwò!
12Ame dahe si wɔa dɔ sesĩe la,dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖealo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖieye womekpɔa alɔ̃ dɔna o.13Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te:eyae nye kesinɔnu si woli kɔe daɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ14alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me,ale be ne viŋutsu le amea si la,naneke matsi anyi na viŋutsu la o.15Ame si ɖoa ŋu ɖe dɔwɔna sia tɔgbi ŋu la,trɔna kaba yia ahedada me,afi si wòdze dɔa gɔme tsoe.16Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la:Nya sia nye nya sesẽ aɖe,elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zuatofloko kple ayadɔwɔwɔ ko.Eƒe nuwo katã buna.17Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me lazua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo.18Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me.19Gawu la, ne Mawu na kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ame aɖe eye wòna amenuvevee be wòaɖui, axɔ nu si nye etɔ gome eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me la, nunanae wònye tso Mawu gbɔ.20Ƒãa hafi wòbua eƒe agbemeŋkekewo ŋu. Mawu naa eƒe susu nɔa dzidzɔ si le eƒe dzi me la ŋu ɣeawo katã ɣi.