Nyagblɔla10ewe_bib

1Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ laƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu!Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖekple bubu gã me.2Nunyala ƒe dzi nana wòwɔa nyuike bometsila ƒe dzi nana wòwɔa nu vɔ̃.3Àte ŋu adze si bometsila leale si wòle zɔzɔm le ablɔ dzi la me!4Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la,mègadzo le egbɔ o,elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.
5Megade dzesi nu vɔ̃ɖi aɖe tso fiawokple dziɖulawo ŋu esi melé ŋku ɖe nuwoƒe yiyi me le xexea me ŋu.6Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔwo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒena kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o.7Gawu la, mekpɔ subɔlawo wonɔ sɔ domle esime fiaviŋutsuwo nɔ afɔ zɔm abe subɔlawo ene!
8Ame si ɖea vudo la,eyae gena ɖe eme.Ame si gbãa gli toa eme la,eyae da ɖuna.9Ame si gbãa kpe la,eyae kpe wɔa nuvevii!Ame si dzea nake la,eyae fia sina!
10Ame si le fia maɖamaɖa ŋu dɔ wɔm la,wɔa eƒe ŋusẽ geɖe ŋu dɔ.Dze nunya eye nànyre fia la nyuie.
11Ne da ɖu ame hafi wosa gbe de daa la,ekema gbesala mewɔ dɔ nyui aɖeke o.
12Nya si tso nunyala ƒe nu me nyea amenuvenya,ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu.13Eƒe nyawo ƒe gɔmedzedze nyea numanyamanyaeye eƒe nyawo ƒe nuwuwu nyea tsukuku vɔ̃ɖi.
14Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋueye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito!Ke ame ka tututu ate ŋuanya nu si le dzɔdzɔ ge?
15Dɔ sue aɖe ko wɔwɔ nana ɖeɖi tea eŋuale gbegbe be ŋusẽ meganɔa eŋu hena dua me yiyi o.
16Babaa na dukɔ si ƒe fia nye ɖevieye eƒe kplɔlawo mua aha ŋdi kanya gbe sia gbe.17Woayra dukɔ si ƒe fia nye bubume,eƒe kplɔlawo wɔa dɔ sesĩe hafi ɖua nueye wonoa nu bena woatsɔ ado ŋusẽ wo ɖokuiwohena dɔ si le wo ŋgɔ la wɔwɔ.
18Kuviawɔwɔ nana xɔ ƒe daɖedziwo nyena ɖe eme,eye alɔgblɔlɔwɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna.
19Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ,wain hea dzidzɔ vanɛ,eye gae dia nu sia nu kpɔna.
20Mègado ɖiŋu na fia lale wò susu me ke gɔ̃ hã o;mègaƒo fi de kesinɔtɔ le wò xɔ gã me ke gɔ̃ hã o,elabena xevi sue aɖe agblɔ nu si nègblɔ tso wo ŋu la na wo.