Korintotɔwo 21ewe_bib
1Nye, Paulo, ame si Mawu ŋutɔ tia be manye Yesu Kristo ƒe dɔla kple nɔvinye, xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso,
Na Mawu ƒe hame si le Korinto kple ame kɔkɔe siwo katã le Akaya:2Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.3Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la,4ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ.5Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbe mee ene la, nenema ke to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gbã goe.6Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae. Esia dea dzigbɔgbɔ blewuu mia me be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena.7Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi li ke goŋgoŋgoŋ, elabena míenya be abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me.8Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi. Woƒo mí, eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebu mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míatsi agbe.9Míebu be míedze na ku elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o, gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Mawu si tea ŋu wɔa nu sia nu, eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la ƒe asi me.10Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa.11Eya ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe amenuveve si na be míenɔ dedie la ta.