Fiawo 14ewe_bib
Salomo ƒe dɔnunɔlawo
1Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.2Eƒe dumegãwoe nye:Azaria, Zadok ƒe vi nye nunɔla;3Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo; Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi;4Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la; Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.5Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ; Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ;6Ahisa kpɔa fiasã la ƒe nuwo dzi kple fiasã la me nyawo gbɔ; Adoniram, Abda ƒe vi kpɔa dudɔwɔwɔwo dzi.7Solomo gatia dzikpɔla wuieve ɖe Israel blibo la nu, ame ɖeka tso to ɖeka me, ame siwo ƒe dɔe nye be woadi nuɖuɖu na fiasã la me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ sia ɣleti ɖeka le ƒe sia ƒe me.8Ame wuieve siawo kple teƒe siwo wodzɔa nuɖuɖu le la woe nye esiawo:
Ben Hur dzɔa nu le Efraim ƒe tonyigba ŋu;9Ben Deker dzɔa nu le Makaz, Saalbim, Bet Semes kple Elon Betanan;10Ben Hesed dzɔa nu le Arubɔt kple Soko kple Hefernyigba blibo la dzi;11Ben Abinadab, ame si ɖe Solomo ƒe vinyɔnu, Tafat la dzɔa nu le Dor ƒe tonyigbawo dzi;12Bana, Ahilud ƒe vi dzɔa nu le Taanak, Megido, Bet Sean dzɔa nu le Zaretan gbɔ le Yezreel te kple anyigba si tso Betsan yi Abel Mehola heyi Yokmeam la dzi;13Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me.14Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim;15Ahimaaz, ame si ɖe Basemat, Solomo ƒe vinyɔnu bubu la dzɔa nu le Naftali;16Bana, Husai ƒe vi, dzɔa nu le Aser kple Alɔt;17Yehosafat, Pania ƒe vi dzɔa nu le Isaka;18Simei, Ela ƒe vi dzɔa nu le Benyamin;19Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi.