Korintotɔwo 11ewe_bib
1Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso,2Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.3Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi.