Kronika 15ewe_bib
Ruben
1Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o.2Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso.3Ruben ƒe viwoe nye:Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.4Yoel ƒe viwoe nye, Semaya, ame si dzi Gog, ame si dzi Simei.5Simei ƒe vie nye Mika, ame si dzi Reaia, ame si dzi Baal.6Baal ƒe vie nye Beera, ame si nye fiavi tso Ruben ƒe viwo dome. Asiria fia Tilgat Pilneser ɖe aboyoe.7Woƒe ƒometɔwo le woƒe hlɔ̃wo nu abe ale si wode wo dzidzimegbalẽ la me la, le ale: Yeiel, fia la kple Zekaria8kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu.
Wonɔ teƒe si tso Aroer yi Nebo kple Baal Meon.9Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi.10Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi.