Kronika 13ewe_bib
David ƒe viŋutsuwo
1Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron:Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel. David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel.2Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.3Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.4Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã.
Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.5Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye:
Simea, Sobab, Natan kple Solomo.6Vi asieke bubuwo ganɔ David si; woawoe nye: Ibhar, Elisama, Elifelet,7Noga, Nefeg, Yafia,8Elisama, Eliada kple Elifelet.9Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar.