Kronika 126ewe_bib
Agbonudzɔlawo
1Mama si me agbonudzɔlawo nɔ lae nye si:Tso Korah ƒe viwo dome: Meselemia, Kore ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka.2Meselemia ƒe kpeɖeŋutɔwoe nye viawo; woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Zekaria, Yediael, Zebadia, Yatniel,3Elam, Yehohanan kple Eliehoenai.4Obed Edom ƒe viwo hã nye gbedoxɔŋudzɔlawo. Woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Semaya, Yehozabad, Yoa, Sakar, Netanel,5Amiel, Isaka kple Peuletai. Mawu yrae kple viŋutsu enyi!6Viŋutsuwo nɔ via Semaya, hã si, ame siwo nye kplɔlawo le wo fofo ƒe ƒome me elabena ŋutete nɔ wo ŋu.7Semaya ƒe viŋutsuwoe nye esiawo: Otni, Refael, Obed kple Elzabad; Semaya ƒe ƒometɔ Elihu kple Semakia hã nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ.8Obed Edom ƒe vi kple tɔgbuiyɔvi siawo de ame blaade-vɔ-eve eye wo katã wonye ame siwo ŋu ŋutete kple ŋusẽ nɔ eye wodze na woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ.9Meselemia ƒe vi wuienyiawo kple nɔviawo hã nye kplɔla nyuiwo.10Hosa, ame si tso Merari ƒe viwo dome la, tia Simri tso viawo dome abe tatɔ ene togbɔ be menye eyae nye tsitsitɔ o hã.11Via bubuwo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Hilkia, vi evelia, Tebalia, vi etɔ̃lia kple Zekaria, vi enelia. Hosa ƒe viwo kple nɔviawo de ame wuietɔ̃.12Wotsɔ gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe kplɔlawo ƒe ŋkɔwo na hatsotso vovovo siwo me woma dzɔlawo ɖo. Abe Levitɔ bubuawo ene la, woƒe dɔdeasie nye be woawɔ subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me.13Wona wodzɔa gbedoxɔ la ƒe agbo vovovoawo ŋu; womebua ƒome siwo me wotso la ŋu o elabena wowɔa nu siawo katã to nudzidze me.14Selemia ƒe dɔe nye wòadzɔ Ɣedzeƒegbo la ŋu. Woda akɔ na ƒe Via ŋutsu, Zekaria, ame si nye aɖaŋuɖola nyui aɖe eye akɔdada la na be wòadzɔ Anyiehegbo la ŋu.15Akɔdada la na be Obed Edom nadzɔ Dziehegbo la ŋu eye via ŋutsuwo nadzɔ nudzraɖoƒe la ŋu,16kple Ɣetoɖoƒegbo kple Salexet ƒe agbo si le dzigbemɔ la dzi yi Supim kple Hosa dzi la ŋu.
Woma dzɔlawo ƒe dɔ na wo sɔsɔe.17Levi vi ade dzɔa Ɣedzeƒegbo la ŋu, ame ene dzɔa anyiehegbo la ŋu, ene dzɔa dziehegbo la ŋu, eye ame eve dzɔa nudzraɖoƒe la ŋu gbe sia gbe.18Dzɔla ene nɔa gbadzaƒe la ƒe mɔto eye eve nɔa gbadzaƒe la ŋutɔ ƒe ɣetoɖoƒegbo la nu, ame ene dzɔa dzigbemɔ la ŋu eye ame eve dzɔa teƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu gbe sia gbe.19Wotia gbedoxɔŋudzɔlawo tso Korah ƒe viwo kple Merari ƒe viwo dome.