Kronika 116ewe_bib
1Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume.2Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me3eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.4Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye:5Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo.6Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe.